1 Peter 1

1Petro, Yesu Kristo ƒe Apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe: Mawu ƒe ametiatia siwo nye amedzrowo le xexeame, ame siwo kaka ɖe Ponto, Galatia, Kapadokia, Asia kple Bitinia nutowo me, 2ame siwo wotia le Mawu, Fofo la, ƒe nunyanyaɖi nu, to Gbɔgbɔ la ƒe ŋutikɔklɔ ƒe dɔwɔwɔ me, hena toɖoɖo Yesu Kristo kple eƒe ʋuhehlẽ la me. Amenuveve kple ŋutifafa nanye mia tɔ le agbɔsɔsɔ me.

Woakafu Mawu le mɔkpɔkpɔ gbagbe ta

3Woakafu Mawu, ame si nye míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo! Le eƒe nublanuikpɔkpɔ sɔ gbɔ la ta wòna gbugbɔgadzi mí ɖe mɔkpɔkpɔ gbagbe me to Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi tso ame kukuwo dome me. 4Eye wòtsɔ domenyinu si magblẽ o, si malũ xe alo aklo o la na mí, domenyinu si wodzra ɖo ɖe dziƒo na mi, 5ame siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple Mawu ƒe akpoxɔnu to xɔse me, va se ɖe esime woaɖe ɖeɖe si wodzra ɖo na nuwuwuɣeyiɣiwo la afia. 6Togbɔ be fifia ele na mi be miaxa nu le dodokpɔ ƒomevi geɖewo me hena ɣeyiɣi ʋee aɖewo hã la, miele dzidzɔ manyagblɔ kpɔm le mɔkpɔkpɔ sia ta. 7Esiawo va mia dzi ale be miaƒe xɔse, si xɔ asi wu sika, si gblẽna evɔ wololoe le dzome hafi, be woakpɔ miaƒe xɔse be enye nyateƒetɔ, ale wòahe kafukafu, ŋutikɔkɔe kple bubu vɛ, ne woɖe Yesu Kristo fia. 8Togbɔ be miekpɔe kpɔ o hã la, mielɔ̃e, eye togbɔ be miele ekpɔm fifia o hã la, miexɔ edzi se eye dzidzɔ manyagblɔ, si ŋuti ŋutikɔkɔe le la yɔ mia me fũu, 9elabena miele miaƒe xɔse ƒe taɖodzinu si nye miaƒe luʋɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la xɔm.

10Ɖeɖe sia tae nyagblɔɖila siwo ƒo nu tso amenuveve si le mia dzi va ge ŋuti la ku nugɔme vevie kple beléle tɔxɛ, 11hedze agbagba be woanya ɣeyiɣi kple nudzɔdzɔ si Kristo ƒe Gbɔgbɔ si le wo me la le asi fiamii, esi wògblɔ nya ɖi tso Kristo ƒe fukpekpewo kple ŋutikɔkɔe si akplɔe ɖo la ŋuti. 12Woɖee fia wo be menye woawo ŋutɔ ɖokuiwo subɔm wole o, ke boŋ miawoe, esi woƒo nu le nu siwo wogblɔ na mi azɔ la ŋuti to ame siwo gblɔ nyanyui la na mi to Gbɔgbɔ Kɔkɔe si wodɔ ɖa tso dziƒo la dzi. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di vevie be woakpɔ nu siawo me.

Minɔ Kɔkɔe

13Eya ta, midzra miaƒe tamesusuwo ɖo hena afɔɖeɖe, miɖu mia ɖokuiwo dzi, mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ katã da ɖe amenuveve si woana mi ne woɖe Yesu Kristo fia la dzi. 14Abe vi ɖotowo ene la, migadze dzodzro vɔ̃ siwo nɔ mia me esi mienɔ agbe le numanyamanya me la yome o. 15Ke boŋ, abe ale si ame si yɔ mi la le Kɔkɔe ene la, miawo hã minɔ kɔkɔe le nu sia nu si miewɔna la me, 16elabena woŋlɔ ɖi be, “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.”

17Esi mieyɔa Fofo si drɔ̃a ʋɔnu ame sia ame ƒe dɔ ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe la, minɔ agbe abe amedzrowo ene le afii le vɔvɔ̃ kɔkɔe me. 18Elabena mienyae bena menye sika kple klosalo si gblẽna lae wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso yakagbe si mia fofowo gblẽ ɖi na mi la me o, 19ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi, ame si nye alẽvi si ŋuti mokaka kple kpɔtsɔtsɔ mele o. 20Wotiae hafi wova wɔ xexeame gake woɖee fia le ɣeyiɣi mamlɛatɔ siawo me le mia ta. 21To eya amea dzi miexɔ Mawu dzi se, ame si fɔe tso ame kukuwo dome, hetsɔ ŋutikɔkɔe ɖɔnɛ, ale miaƒe xɔse kple mɔkpɔkpɔ le Mawu me.

22Azɔ esi miekɔ mia ɖokuiwo ŋu to toɖoɖo nyateƒea me be lɔlɔ̃ sime alakpa mele o la nanɔ mia si na mia nɔviwo ŋuti la, milɔ̃ mia nɔewo vevie tso dzime ke. 23Elabena wogbugbɔ mi gadzi, menye tso ku gbegblẽ me o, ke boŋ tso ku magblẽmagblẽ me, to Mawu ƒe nya si le agbe eye wònɔa anyi tegbetegbe la me. 24Elabena, “Amegbetɔwo katã le abe gbe ene, eye woƒe atsyɔ le abe seƒoƒo le gbeme ene, gbe ƒuna eye seƒoƒo yrɔna, gena, 25ke Aƒetɔ la ƒe nya nɔa anyi yi ɖe mavɔ me.” Ke esiae nye nya si wogblɔ na mi.

Copyright information for EweBEE